2 Corinthians 12

Paulo ƒe ŋutega kple ŋui si le eƒe ŋutilã me

1Adegbe siwo katã ƒom mele la mehiã o, movinyawo sɔŋ ko wonye gake mele edzi yi ge. Mina magblɔ ŋutega siwo mekpɔ kple nu siwo katã Aƒetɔ la ɖe fiam la na mi.

2Anɔ abe ƒe wuiene enye esia ene la, wokɔm yi dziƒo be makpɔ afi ma ɖa. 3Migabiam be ŋutilã mee menɔ alo gbɔgbɔ mee menɔ hafi yi afi ma hã o, elabena nyemenya o. Mawu ɖeka koe nya. Gake menya be mede Paradiso la me vavã. 4Le afi ma la mese nya siwo wɔ nuku ale gbegbe be wogbɔ amegbetɔwo ƒe susu kple gɔmesese ŋu yi, eye womeɖe mɔ nam be magblɔ wo na ame aɖeke o. 5Nu si teƒe mekpɔ la nye nu xɔasi aɖe, si ŋu mate ŋu aƒo adegbe le gake nyemedi be mawɔ nenema o. Ke boŋ la maƒo adegbe le ale si megbɔdzɔe gake Mawu wɔ ŋutinyedɔ hena eya ŋutɔ ƒe ŋutikɔkɔe la ŋuti. 6Nu geɖewo ŋutɔ li siwo ŋu maƒo adegbe le, eye ne mewɔ esia la mawɔm movitɔ o gake nyemedi be amewo nabum amegãe wu ame si ŋutɔ menye o, ke boŋ be woakpɔ nu si wòdze be woakpɔ le nye agbenɔnɔ kple gbeƒã si ɖem mele la me. 7Mawu ƒe gãnyenye kple nukunu siwo teƒe mekpɔ la menye nu bɔbɔe o, eye be nyemagado ɖokuinye ɖe dzi o la tae Mawu na be dɔléle aɖe ge ɖe nye ŋutilã me si zu ŋu nɔa fu ɖem nam. Esia nye Satana ƒe dɔla ƒe nuwɔna. Mawu ɖe mɔ na dɔléle sia be wòanɔ fu ɖem nam be nyemagaƒo adegbe o. 8Medo gbe ɖa na Aƒetɔ la zi etɔ̃ sɔŋ kple kukuɖeɖe be wòaɖe dɔlélé sia ɖa le menye.

9Ke ɣesiaɣi la Aƒetɔ la gblɔna nam be, “Ao, meli kpli wò. Nye amenuveve sɔ gbɔ na wò. Elabena meɖea nye ŋusẽ fiana to ame siwo gbɔdzɔ le ŋutilã me la dzi.” Eya ta enye dzidzɔ nam be maƒo adegbe le nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti boŋ, ale be Kristo ƒe ŋusẽ blibo la katã nadze le menye tsɔ wu be maɖe nye ŋutɔ nye ŋusẽ kple ŋutetewo afia. 10Esi menya be Kristo ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu wònye be nu sia nadzɔ ɖe dzinye ta la, mekpɔa dzidzɔ be “ŋu” sia le nye ŋutilã me. Mekpɔa dzidzɔ hã be amewo dzuam, tia nye agbe yome eye meɖoa xaxa kple hiã geɖe me. Elabena mekpɔa ŋusẽ to gbɔdzɔgbɔdzɔ me eye zi ale si megbɔdzɔ la zi nenema ke meɖoa ŋu ɖe eŋu.

Paulo tsɔ ɖe le me na Korinto hamea

11Miaƒe nuwɔnae na be meƒo nu, do ɖokuinye ɖe dzi abe lãtɔ ene. Evɔ la miawoe wòle be miakafum ke menye nye ŋutɔe wòle be makafu ɖokuinye hafi o eye togbɔ be nyemele naneke me o hã la, naneke mele miaƒe apostolo mawo si, si mele asinye o. 12Esi mele mia gbɔ la, nye dɔwɔwɔ ɖe sia ɖe ɖo kpe edzi be Aƒetɔ lae tiam abe apostolo ene eye wòdɔm be mava gblɔ nyanyui la na mi, eye metsɔ dzigbɔɖi wɔ dzesiwo, nukunuwo kple ŋusẽdɔ geɖewo hã le mia dome. 13Nu si ko nyemewɔ le mia gbɔ o, evɔ mewɔe le hame bubuwo me lae nye be nyemetsɔ nye nuɖuɖu, nye nuhiahiãwo kple xɔ si me manɔ la ɖo mia ŋkume o. Mitsɔe kem be nyemetsɔ agba siawo da ɖe mia dzi o. 14Azɔ la, zi etɔ̃liae nye esia megbɔna mia gbɔ eye le nye vava me hã la, nyematsɔ dzinyekpɔkpɔ ƒe agba aɖo mia dzi o, elabena nyemele miaƒe ga dim o, ke boŋ miawo ŋutɔ dim mele. Vinyewoe mienye, eye menye viwoe wòle be woadi nuɖuɖu na wo dzilawo o. Vi fofoe wòle be wòakpɔ via dzi. 15Enye dzidzɔ nam be matsɔ ɖokuinye kple nu siwo le asinye la na mi, be miatsi ɖe dzi le gbɔgbɔ me. Gake zi ale si mele mia lɔ̃m ɖe edzi la, zi nenema ke miaƒe lɔlɔ̃ nam hã dzi le ɖeɖem kpɔtɔ.

16Ame aɖewo le mia dome le gbɔgblɔm be “Enye nyateƒe be ne eɖi tsa va kpɔ mí la, míegblẽa ga aɖeke ɖe eŋuti o. Gake Paulo sia ayetɔe wònye le mía blem. Le nyateƒe me la, anya to mɔ aɖe dzi kokoko wɔ ga le mía ŋuti.” 17Enye nyateƒea? Ɖe ame siwo medɔ ɖo ɖe mi la ƒe ɖe va xɔ nane le mia sia? 18Alo ɖe Tito kple nɔvi si medɔ ɖo ɖe mia gbɔ la va ba mia? Gbeɖe, elabena menya nyuie bena mí katã la Gbɔgbɔ Kɔkɔe ma ɖeka koe le mía me, eye nu ɖeka tɔgbi mí katã míewɔna.

19Ɖewohĩ la, mianɔ bubum be ɖe mele esiawo katã gblɔm be maʋli mía ɖokuiwo ta le mia gbɔ ale be miagalɔ̃m. Esia mele eme nenema o. Nɔvi lɔlɔ̃wo mele nya sia gblɔm na mi le Mawu ƒe ŋkɔ me be matu mi ɖo le gbɔgbɔ me ke menye be matu ɖokuinye ɖo o. 20Nu si vɔ̃m mele lae nye be ne meva mia gbɔ la, miaƒe agbenɔnɔ ava tɔ ŋku nam, eye esia ana be nye nuwɔna manɔ abe ale si miadi be wòanɔ ene o. Mele vɔvɔ̃m be ne meva la, mava kpɔ dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodo, ameŋuzɔzɔ, sakplisasa, ɖokuidodoɖedzi, kple mama le mia dome. 21Mele vɔvɔ̃m hã be nenye be meva la, Mawu abɔbɔm ɖe anyi le miaƒe ŋkume ale be manɔ dzi gbagbã kple nuxaxa me. Elabena mia dometɔ geɖe siwo wɔ nu vɔ̃ la trɔ zu nu vɔ̃ wɔlawo gbidii elabena wometsɔ ɖeke le eme be yewoatrɔ dzime o. Ke boŋ wogale nu vɔ̃ɖiwo kple ŋunyɔnuwo wɔm eye wole ahasi wɔm, le hadzenu wɔm, le amesrɔ̃ xɔm.

Copyright information for EweBEE